Jeremiah 32:44 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woagatsɔ ga aƒle agblewoe le Benyamin-nyigba dzi kple Yerusalem-nutowo me le Yuda-duwo kple to dzi duwo me, le bali me duwo kple dzieheduwo me, woade wo agbalẽ me, eye woatre enu ahaɖo ɖasefowo wo ŋu; elabena magaɖo wo te, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewo aɖe ga agaƒle agblewoe. Woade wo agbalẽ me, aŋlɔ woƒe ŋkɔdzesiwo ɖe wo te, atre wo nu, eye woaɖo ɖasefowo ɖe wo ŋu. Esia ava eme le Benyamin-nyigba dzi, le Yerusalem-nutowo me, le Yuda-duwo me, le togbɛ dzi duwo me, le baliwo kple anyigbemekegbegbe me. Elabe magaɖo dukɔa te kple nunyonamewo.” Aƒetɔ lae gblɔe.