Jeremiah 32:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’ “Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete tɔnyeɖia vi Xanameel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye wògblɔ nam bena: Xɔ nye agble, si le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒle, elabena tɔwòe nye domenyinyi la, eye exɔxɔ la, wò nya wònye; xɔe ƒle. Eye medze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Xanameel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene, eye wògblɔ nam be: ‘Xɔ nye agble si le Anatot le Benyamin-nutome la ƒle, elabe wòe nye ƒometɔ si dze axɔe wòazu tɔwò. Ƒlee na ɖokuiwò.’ Tete mekpɔe dze sii azɔ be Aƒetɔ ŋutɔ ƒe gbedeasie.”