Jeremiah 33:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be, “Mida akpe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee. Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, miase amewo ƒe hadzidzi, eye woatsɔ akpedadanunanawo ava Aƒetɔ ƒe aƒeme anɔ gbɔgblɔm be: ‘Mida akpe na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, elabe eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!’ Elabe magagbugbɔ anyigba la ƒe nunyonamewo nɛ abe tsã ene.” Aƒetɔ lae gblɔe.