Jeremiah 33:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Teƒe sia kple eƒe duwo katã, siwo zu aƒedo, eye amegbetɔwo kple lãwo vɔ li la, aganye lãnyiƒe na lãkplɔviwo, eye lãhawo atsyɔ ake ɖi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Teƒe sia kple eƒe duwo katã siwo zu gbegbe, eye amegbetɔ alo lã aɖeke meli o la, aganye nɔƒe na alẽkplɔlawo kple woƒe alẽwo, afi si woagbɔ ɖe eme le.