Jeremiah 33:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye alẽwo agato wo xlẽla ƒe asi te ayi le to dzi duwo, bali me duwo kple dzieheduwo me le Benyamin-nyigba dzi kple Yerusalem-nutowo kple Yuda-duwo me, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te le du siwo le togbɛnyigbawo dzi, du siwo le Yuda ƒe anyigbeme, du siwo le anyigbemekegbegbe, le Benyamin-nyigba dzi, teƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple du siwo le Yuda.” Aƒetɔ lae gblɔe.