Jeremiah 33:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema magbe Yakob kple nye dɔla David ƒe dzidzimeviwo. Nyematia David ƒe dzidzimevi aɖeke be wòaɖu Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o. Elabe magbugbɔ woƒe nunyonamewo na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”