Jeremiah 33:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena wova, be woawɔ aʋa kple Kaldeatɔwo, ne woatsɔ amegbetɔ, siwo mewu le nye dɔmedzoe kple nye dziku me la ƒe kukuawo ayɔ wo me fũ, le esi meɣla nye ŋku me ɖe du sia le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta la ŋuti:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kaldeatɔwo gbɔna ava wɔ aʋa, eye woalɔ ame siwo mewu le dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo akɔ ɖe xɔawo me woayɔ, elabe meɣla nye mo ɖe du sia le woƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenyewo katã ta.