Jeremiah 33:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Maklɔ nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋutinye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ woƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ake wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye maklɔ wo ŋu tso woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la me, eye matsɔ woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye, eye wodze aglã ɖe ŋunye la, ake wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Maklɔ nuvɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ nuvɔ̃ si wowɔ ɖe ŋunye kple aglã si wodze ɖe ŋunye la ƒe fɔɖiɖi ake wo.