Jeremiah 34:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, esime Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la, anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã nye eteviwo, kple dukɔwo katã lé aʋa wɔm kple Yerusalem kpakple eƒe duwo katã la, enye si:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ƒo nu kple Yeremya esime Nebukadnezar, Babilon-fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, fiaɖuƒe siwo katã le anyigba, siwo dzi ɖum wòle kple dukɔ siwo katã le aʋa wɔm kple Yerusalem kpakple eƒe du siwo katã ƒo xlãe la.