Jeremiah 34:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amegãwo katã kple dukɔ blibo la ɖo to, eye woɖo nubabla me be, yewo dome amesiame naɖe asi le eƒe kluvi kple kosivi ŋu, ne womagawɔ kluvidɔ na yewo azɔ o; eye woɖo to heɖe asi le wo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amegãwo katã kple ame bubu ɖe sia ɖe lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wobla nu be ame sia ame naɖe asi le eƒe kluvi ŋu; eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o. Ame aɖeke naganye kluvi na ame aɖeke azɔ o. Ale wowɔ ɖoɖo la dzi, ɖe asi le kluviwo ŋu.