Jeremiah 34:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke emegbe la wogakplɔ kluviawo kple kosiviawo, siwo ŋu woɖe asi le la vɛ, eye wozi wo dzi be, woanye kluviwo kple kosiviwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake emegbe la, wogatrɔ kplɔ kluviawo, ŋutsuawo kple nyɔnuawo siaa, siwo ŋu woɖe asi le la vɛ, eye wozi wo dzi wogazu woƒe kluviwo.