Jeremiah 34:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe miegatrɔ, eye miegblẽ ko ɖo na nye ŋkɔ, mia dome amesiame gakplɔ eƒe kluvi kple kosivi, siwo ŋu miede asi le, abe alesi wodi ene la vɛ, eye miezi wo dzi, be woanye kluviwo kple kosiviwo na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ɖeko miegatrɔ susu hegblẽ kɔ ɖo nam! Mia dome ame sia ame gakplɔ eƒe kluvi, ŋutsu alo nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le abe ale si wodi ene la gava eɖokui gbɔ, eye wòna wògazu eƒe kluvi.