Jeremiah 34:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Yi ɖagblɔ na Yuda-fia Zedekiya bena: Yehowa be: Kpɔ da, matsɔ du sia ade asi na Babel-fia, ne wòatɔ dzoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: “Yi ɖagblɔ na Zedekiya, Yuda-fia be: ‘Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mele du sia tsɔm de asi na Babilon-fia be wòatɔ dzoe.