Jeremiah 34:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Kpɔ ɖa, made se woatrɔ agbɔ va du sia ŋu, ne woawɔ aʋa kplii axɔe, ata dzoe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, maɖe gbe na wo be woagatrɔ ava du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe ahatɔ dzoe. Mawɔ Yuda-duwo nazu gbegbe, afi si ame maganɔ o.”