Jeremiah 34:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke boŋ àku le ŋutifafa me, eye woaɖo dzo na wò abe fofowò, fia xoxoawo, amesiwo do ŋgɔ na wò la ƒe ame kuku dzo ene, eye wòafa na wò be „ao, aƒetɔ“; nyee gblɔ nya sia, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Àku le ŋutifafa me. Woado lifidzudzɔ na wò abe ale si wowɔnɛ na tɔgbuiwòwo, fia siwo ku va yi la ene. Woafa wò be: ‘Ao! Tɔgbui yi aƒe! Elabe nyee gblɔ nya la. Aƒetɔ lae gblɔe.’ ”