Jeremiah 35:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Babel-fia Nebukadnezar ho va anyigba dzi la, miegblɔ bena: Mina míayi Yerusalem le Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ kple Aramtɔwo ƒe aʋakɔ ta; ale mieva le Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi Nebukadnezar, Babilon-fia ho aʋa ɖe anyigba la ŋu la, míegblɔ be: ‘Miva, mina míayi Yerusalem le Kaldeatɔwo kple Asiriatɔwo ƒe aʋakɔwo ta.’ Eya tae míeva le Yerusalem ɖo.”