Jeremiah 35:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wowɔ Yonadab, Rexab vi ƒe se, si wòde na viawo be, womegano wein o la dzi, eye womenoe o vaseɖe egbe, elabena woɖo to wo fofo ƒe sedede. Nye la meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi, gake miegbe toɖoɖom.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Se si Yonadab, Rexab vi, de na via ŋutsuwo be womegano wain o la, wowɔ edzi, eye wo dometɔ aɖeke menoa wain o va se ɖe egbe, elabe woɖo to wo tɔgbui ƒe sededea. Nye la, meƒo nu na mi edziedzi, gake miegbe be yewomaɖo tom o.