Jeremiah 35:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Medɔ nye dɔla gbeƒãɖelawo katã ɖe mi edziedzi be: ‘Mia dome ame sia ame neɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo, eye megadze mawu bubuwo yome asubɔ wo o, bene mianɔ anyigba si metsɔ na miawo kple mia tɔgbuiwo la dzi.’ Ke miegbe toɖoɖo, gbe nusese.