Jeremiah 35:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi; Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu la, ava wo dzi, elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke womete o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e siwo katã megblɔ ɖe Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo katã ŋu la, hege ava wo dzi, elabe meƒo nu na wo, womesee o; meyɔ wo, wogbe tɔtɔ.”