Jeremiah 35:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yeremya gblɔ na Rexab viwo ƒe aƒe la bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi mieɖo to mia fofo Yonadab ƒe se la, mielé eƒe seawo katã me ɖe asi, eye miewɔ, abe alesi wòɖe se na mi ene la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yeremya gblɔ na Rexab ƒomea be: “Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Esi mieɖo to mia tɔ́ Yonadab ƒe sedede, lé eƒe seawo katã me ɖe asi, eye miewɔ nu siwo katã wògblɔ na mi