Jeremiah 36:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Barux xlẽ Yeremya ƒe nyawo le agbalẽ la me de dukɔ blibo la ƒe towo me le agbalẽŋlɔla Gemarya, Safan vi ƒe xɔ me le xɔxɔnu dzigbeta le Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo yeyea nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Barux xlẽ Yeremya ƒe nya siwo katã wògblɔ nɛ wòŋlɔ ɖe agbalẽa me la sesĩe ame sia ame se, le agbalẽŋlɔla Gemarya, Sefan vi ƒe xɔ me, le xɔxɔnu dzigbetɔ si le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe Agbo Yeye la nu.