Jeremiah 36:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eɖiɖi yi ɖe agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le fiasã me la me, afi si dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me le. Woawoe nye: nuŋlɔla, Elisama, Delaya; Semaya ƒe vi, Elnatan, Akbor ƒe vi; Gemaria, Safan ƒe vi; Zedekia, Hananiya ƒe vi kple dumegã bubuwo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòyi agbalẽŋlɔla ƒe xɔ me le fia ƒe me, eye kpɔ ɖa, amegãwo katã bɔbɔ nɔ afima: agbalẽŋlɔla Elisama, Delaya, Semaya vi, Elnatan, Axbor vi, Gemarya, Safan vi, kple Zedekiya, Xananya vi, hekpe ɖe amegãwo katã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wòyi fiasã la me, eye wòge ɖe agbalẽŋlɔla la ƒe xɔ me. Amegãwo katã bɔbɔ nɔ afi ma: Elisama, agbalẽŋlɔla; Delaya, Semaya vi; Elnatan, Axbor vi; Gemarya, Safan vi kple Zedekiya, Xananya vi, hekpe ɖe amegã bubuawo katã ŋu.