Jeremiah 36:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete amegãwo katã dɔ Kus vi Selemya ƒe vi Netanya ƒe vi Yehudi ɖo ɖe Barux gblɔ bena: Tsɔ agbalẽ, si nèxlẽ ɖe dukɔa ƒe to me la, ɖe asi nava! Eye Barux, Neriya vi, tsɔ agbalẽ la ɖe asi heva wo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete amegãawo katã dɔ Yehudi, Netanya vi, ame si nye Selemya ƒe tɔgbuiyɔvi, eye wònye Kusi ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi la, be wòaɖagblɔ na Barux be: “Tsɔ agbalẽ si nèxlẽ na dukɔa wòse la ɖe asi nàva.” Ale Barux, Neriya vi, tsɔ agbalẽ la ɖe asi, eye wòva wo gbɔ.