Jeremiah 36:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nagblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim ŋu be: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi nètɔ dzo agbalẽ sia hegblɔ be: Nukaŋuti nèŋlɔ ɖe eme be, Babel-fia ava gblẽ anyigba sia, eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi hã la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ ku ɖe Yuda-fia Yehoyakim ŋu gblɔ be: ‘Aƒetɔ be: Ètɔ dzo agbalẽ sia gblɔ be: Nu ka ta nèŋlɔ ɖe eme be Babilon-fia le vava ge godoo agblẽ anyigba sia, eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa le edzi?