Jeremiah 36:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim ŋu enye si: Amea ɖeke manɔ esi abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi o, eye woatsɔ eƒe kukua aƒu gbe ɖe ŋdɔkutsu nu le ŋkeke me kple vuvɔ nu le zã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ gblɔ ɖe Yehoyakim, Yuda-fia ŋu be: Eƒe dzidzimevi aɖeke manɔ David ƒe fiazikpui dzi o. Woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe; ŋdɔ aɖui le ŋkeke me eye zãmu aƒoe le zã me.