Jeremiah 37:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?” Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia Zedekiya dɔ ame woɖakplɔe vɛ, eye fia la biae le adza me le eƒe me gblɔ bena: Yehowa ƒe gbea ɖe lia? Yeremya ɖo ŋu be: Ẽ! Eye wògblɔ bena: Wole tsɔ wò ge ade asi na Babel-fia!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
fia Zedekiya dɔ ame ɖa wòva kplɔ Yeremya vɛ nɛ, eye wòxɔe. Fia la bia gbee le adzame le eƒeme be: “Gbedeasi aɖe tso Aƒetɔ gbɔ vaa?” Yeremya ɖo eŋu be: “Ẽ!” Eyi edzi be: “Woatsɔ wò ade asi na Babilon-fia!”