Jeremiah 37:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia Zedekiya de se be, woadzɔ Yeremya ŋu le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me. Eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale fia Zedekiya ɖe gbe woda Yeremya ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wotsɔa abolo ɖeka nɛ tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me gbe sia gbe, ʋuu va se ɖe esime abolo va vɔ keŋ le dua me. Ale Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la.