Jeremiah 38:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Sefatya, Matan vi, Gedalya, Pasxur vi, kple Yuxal, Selemya vi, kpakple Pasxur, Malxiya vi, wose nya, siwo Yeremya gblɔ na dukɔ blibo la bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Sefatya, Matan vi, Gedalya, Pasxur vi, Yuxal, Selemya vi kple Pasxur, Malkiya vi, se nya siwo Yeremya le gbɔgblɔm na dukɔ bliboa be: