Jeremiah 38:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la de se na Kusitɔ Ebed-Melex gblɔ bena: Ɖe ŋutsu etɔ̃ kpe ɖe ɖokuiwò ŋu tso afisia, ne naɖe nyagblɔɖila Yeremya le ɖoa me, hafi ne wòaku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete fia la ɖe gbe na Ebedmelex be: “Ɖe ŋutsu etɔ̃ kpe ɖe ɖokuiwò ŋu tso afii, ne miayi aɖaɖe Yeremya le doa me, ne magaku o.”