Jeremiah 38:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Ebed-Melex ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu; ege ɖe fia ƒe aƒe la me, eye wòyi ɖe xɔ, si le nudzraɖoƒea te lãme hetsɔ ɖovuwo kple avɔ nyunyɔwo le afima, eye wòtsɔ atagbi ɖiɖi wo ɖe Yeremya le do la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Ebedmelex ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu. Ege ɖe fia ƒe aƒe la me, eye wòyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒea te la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu xoxo aɖewo le afi ma, eye wòɖiɖi wo kple ka ɖe Yeremya gbɔ le vudoa me.