Jeremiah 38:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete amegãwo katã va bia Yeremya se, eye wòɖo ŋu na wo, abe alesi fia la de se nɛ pɛpɛpɛ ene, eye wona gbɔdzɔe, elabena nya la meɖi wose o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete amegãawo katã va bia nya la Yeremya se, eye wòɖo eŋu na wo pɛpɛpɛ abe ale si fia la de see nɛ ene. Ale wodzudzɔ nyaawo biabiae, elabe dzeɖoɖoa meɖi ame aɖeke se o.