Jeremiah 39:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ dukɔ la ƒe ame dahe, siwo si naneke mele o la dometɔa ɖewo ɖe Yuda-nyigba dzi, eye wotsɔ weingblewo kple agblewo na wo gbemagbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nebuzaradan gblẽ dukɔa ƒe ame dahe siwo si nunɔamesi gobi aɖeke mele o la dometɔ aɖewo ɖe Yuda-nyigba dzi, eye wòtsɔ waingblewo kple agblewo na wo.