Jeremiah 39:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
woɖakplɔ Yeremya tso dzɔlawo ƒe xɔxɔnu vɛ, eye wotsɔe de asi na Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ne wòakplɔe ayi aƒe mee, eye wònɔ dukɔ la dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
woɖakplɔ Yeremya tso dzɔlaawo ƒe xɔxɔnua vɛ. Wotsɔe de Gedalya, Axikam vi, ame si nye Safan ƒe tɔgbuiyɔvi la si, ne wòakplɔe yi eƒeme. Ale Yeremya nɔ ameawo dome.