Jeremiah 39:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yi nagblɔ na Kusitɔ Ebed-Melex bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava me ɖe du sia ŋu hena vɔ̃, eye menye hena nyui o, eye woava me le ŋkuwò me le ɣemaɣi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Yi ɖagblɔ na Ebedmelex, Etiopiatɔ la be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋu, hena dzɔgbevɔ̃e, menye hena dzɔgbe nyui o. Woava eme le ŋkuwò me gbe ma gbe.