Jeremiah 39:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Babel-fia ƒe amegãwo katã va bɔbɔ nɔ agbo dometɔ nu; Nergal-Sarezer, Samgar-Nebo, Sarsexim, amesi nye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, kple Nergal-Sarezer, amesi nye trɔ̃nuawo ƒe amegã, hekpe ɖe Babel-fia ƒe amegãwo katã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi woxɔ Yerusalem-dua la, Babilon-fia ƒe amegãwo katã va bɔbɔ nɔ anyi ɖe agbo dometɔ nu: Nergal-Sarezer, Samgar-Nebo, Sarsexim, ame si nye ame tatawo dzikpɔla kple Nergal-Sarezer, trɔ̃nuawo ƒe tatɔ hekpe ɖe Babilon-fia ƒe amegã bubuawo katã ŋu.