Jeremiah 39:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Yuda-fia Zedekiya kple aʋawɔlawo katã kpɔ wo la, wosi dzo le dua me le zã to fia ƒe abɔ me mɔ heto agbo, si le gli ŋukplaba eve dome la nu heɖo ta gbegbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yuda-fia Zedekiya kple aʋawɔlaawo katã kpɔ wo la, wosí le zã me to fia ƒe abɔ me dzo. Woto mɔ si to gli eveawo dome heɖo ta Araba me.