Jeremiah 39:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ la li wo yome, eye wotu Zedekiya le Yerixo-tagba, eye wolée hekplɔe vɛ na Babel-fia Nebukadnezar le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wobu fɔe le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ ti wo yome, eye wotu Zedekiya le Yerixo-gbegbe. Esi wolée la, wokplɔe vɛ na Babilon-fia Nebukadnezar le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu bu fɔe.