Jeremiah 4:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo! Mele ŋeŋem le vevesese me. O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam! Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi, mese aʋaɣlidodo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye dɔkaviwo, nye dɔkaviwo! Mele togotogoe ƒom le vevesese ta, nye dzixɔ, nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ao! Ao! Mele veve sem lo! O, nye dzi! Nye dzi le tsotsom kpòkpokpo, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o elabe mele kpẽ ƒe ɖiɖi sem, mele aʋaɣli sem.