Jeremiah 4:30 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle? Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do? Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo? Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò. Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò eye wole wò agbe yome tim.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wò, amesi wotsrɔ̃, nuka nahawɔ ma? Ne eta aɖabɛ, nedo sikanuwo, eye neɖo tu ɖe ŋku hã la, dzodzroe nèwɔ leke; wò lɔlɔ̃tɔwo ado vlo wò, eye woadi wò ku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke wò, ame si wotsrɔ̃, nu ka tae nèta avɔ xɔasi dzĩ? Nu ka tae nèdo sikanuwo, eye nèsi nu ɖe ŋku? Èle ɖokuiwò dzram ɖo be yeanyakpɔ; ke dzodzroe. Elabe wò ahiãviwo do vlo wò, eye wodi be yewoawu wò.