Jeremiah 4:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe mele ɣli aɖe sem abe funɔ si le ku lém la tɔ ene. Veveseɣli aɖee, eɖi nyɔnu si le eƒe ŋgɔgbevi dzim la tɔ. Zion vinyɔnu ƒe ŋeŋe sem mele. Gbɔgbɔtsixe tsi eƒo, eye wòwu eƒe asiwo ɖe dzi le gbɔgblɔm be: “Evɔ nam! Amewulawo ƒe asi tum vɔ!”