Jeremiah 4:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo le Yerusalem gblɔ be, ‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’ Mido ɣli sesĩe be, ‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbe ƒãe le Yerusalem be: „Miku kpẽ le anyigba la dzi!“ Mihe vekati míado ɣli be: „Miƒo takpli, eye mina míayi du sesẽwo me!“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbeƒãe le Yerusalem be: “Miku kpẽ to anyigba la dzi! Mikɔ gbe dzi miado ɣli sesĩe be: ‘Miƒo ƒu; mina míayi du sesẽwo me!’