Jeremiah 40:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
hegblɔ nɛ bena: Mènyae be, ɖe Amonitɔwo ƒe fia Baalis dɔ Ismael, Netanya vi la ɖa be, woawu wò oa? Ke Gedalya, Axikam vi la, mexɔ wo dzi se o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wobiae be: “Ènya be Amontɔwo ƒe fia, Baalis, dɔ Ismael, Netanya vi la, ɖa be wòaɖe wò agbe ɖaa?” Gake Gedalya, Axikam vi la, mexɔ wo dzi se o.