Jeremiah 40:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yoxanan, Kareax vi la, gblɔ na Gedalya le adza me le Mizpa bena: Mayi, ne maɖawu Ismael, Netanya vi la, eye amea ɖeke manyae o. Nukaŋuti woawu wò, ne Yudatɔ, siwo katã ƒo ƒu ɖe ŋuwò la, naka ahlẽ, eye Yuda ƒe ame susɔeawo natsrɔ̃?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yehohanan, Kareax vi, ƒo nu kple Gedalya le adzame le Mizpa be: Na mayi ɖawu Ismael, Netanya vi la; ame aɖeke manya o. Nu ka ta eya naɖe wò agbe ɖa ale be Yudatɔ siwo katã ƒo ƒu ɖe ŋuwò la naka hlẽ, eye ame susɔeawo hã natsrɔ̃?”