Jeremiah 40:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ kpɔ ɖa, meɖe ga le wò alɔ ŋu egbe; ne edze ŋuwò nèbe, yeayi Babel kplim la, va miyi, eye nye ŋku anɔ ŋuwò; ke ne medze ŋuwò be, nayi Babel kplim o la, ekema nɔ anyi; kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, afisi nyo ŋuwò nebe, yeayi la, yi gama.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ kpɔ ɖa, meɖe ga le alɔnu na wò egbe. Ne edze ŋuwò be yeayi Babilon kplim la, va míyi; malé be na wò nyuie. Evɔ ne medze ŋuwò be yeayi Babilon kplim o la, tsi anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me. Yi afi sia afi si nèbu be enyo eye wòdze ŋuwò nebe yeayi la.