Jeremiah 40:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake hafi Yeremia natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, “Trɔ yi ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi ame si Babilonia fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ eye nànɔ egbɔ le ameawo dome alo nàyi afi sia afi si nèlɔ.” Emegbe aʋafia la tsɔ nu hiahiã aɖewo kple nunana aɖe nɛ eye wòɖe asi le eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi tɔtrɔ mele lãme sẽm nɛ o la, egblɔ nɛ bena: Gbugbɔ yi Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, amesi Babel-fia tsɔ ɖo Yuda-duwo nu la gbɔ, eye nanɔ egbɔ le dukɔ la dome, alo yi afisiafi, si dze ŋuwò nèbe, yeayi. Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã la tsɔ mɔ dzi nuɖuɖu kple nunana nɛ, eye wòdo mɔe wòdzo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne àtsi anyi la, ekema gbugbɔ yi Gedalya, Safan vi, Axikam vi, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo Yuda-duwo nu la gbɔ, eye nànɔ egbɔ le dukɔa me, alo nàyi afi sia afi si nèkpɔ be edze yeayi la.” Ale asrafoawo ƒe tatɔ la tsɔ nuɖuɖu kple nunana aɖewo na Yeremya hedo mɔe wòdzo.