Jeremiah 40:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi asrafowo ƒe amegã siwo le aʋagbedzi se be Babilonia fia tsɔ Ahikam ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi, hetsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye ame dahewo eye womekplɔ wo yi aboyo mee le Babilonia o la de eƒe dzikpɔkpɔ te la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi aʋafia, siwo katã ga le aʋagbe me kple woƒe aʋawɔlawo la, se be, Babel-fia tsɔ Gedalya, Axikam vi, ɖo anyigba la nu, eye wotsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo kple anyigba dzi ame dahe, siwo womekplɔ yi Babel o la, de esi me la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi aʋakplɔlawo katã kple woƒe aʋawɔlawo gale aʋagbedzi la ko la, wose be Babilon-fia tsɔ Gedalya, Axikam vi, ɖo anyigba la nu eye wòtsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame dahe siwo womekplɔ yi Babilon o la de esi me.