Jeremiah 40:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, ka atam na wo kple wo ŋutimewo be wòaɖo kpe nu si wòagblɔ la dzi: Egblɔ na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo subɔsubɔ o, mitsi anyigba la dzi eye miasubɔ Babilonia fia, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ka atam na wo kple woƒe amehawo gblɔ bena: Kaldeatɔwo subɔsubɔ megadzi ŋɔ na mi o; mitsi anyigba la dzi, eye misubɔ Babel-fia, ekema eme anyo na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gedalya, Axikam vi, Safan vi, la ka atam na wo kple woƒe asrafowo be: “Migavɔ̃ Kaldeatɔwo subɔsubɔ o. Minɔ anyigba la dzi, eye misubɔ Babilon-fia la, ekema eme anyo na mi.