Jeremiah 41:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva me le dzinu adrelia me be, Ismael, Elisama vi Netanya ƒe vi, amesi nye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka tso fia ƒome la me la, va Gedalya, Axikam vi la gbɔ le Mizpa, eye ŋutsu ewo kpe ɖe eŋu, eye woɖu nu kple wo nɔewo le Mizpa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣleti adrẽlia me le ƒè ma me la, Ismael, Netanya vi, ame si nye Elisama ƒe tɔgbuiyɔvi, si tso fiaƒomea me, eye wònye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka la kplɔ ŋutsu ewo kpe ɖe eɖokui ŋu va Gedalya, Axikam vi la gbɔ le Mizpa. Esi woƒo ƒu nɔ nu ɖum ɖekae le Mizpa la,