Jeremiah 41:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame susɔea, siwo katã le Mizpa, fia vinyɔnuwo kple dukɔ blibo, si kpɔtɔ ɖe Mizpa, amesiwo nu fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan tso Gedalya, Axikam vi la ɖo; woawo Ismael, Netanya vi la, ɖe aboyoe, eye wòdzo, be yeayi Amon-viwo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Ismael ɖe aboyo ame mamlɛ siwo katã nɔ Mizpa, fiavinyɔnuwo kple ame siwo katã susɔ ɖe Mizpa siwo fia ŋu srafowo ƒe tatɔ Nebuzaradan tsɔ de Gedalya, Axikam vi la si. Ismael, Netanya vi la ɖe aboyo ame siawo katã, eye wokplɔ wo dzoe ɖo ta Amon-nutome.