Jeremiah 41:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegã siwo katã le eŋu la kplɔ dukɔ la ƒe ame siwo susɔ ɖe Mizpa, ame siwo woxɔ le Ismael, Netania ƒe vi la si, esi wòwu Ahikam vi, Gedalia la dzoe. Ameawoe nye: asrafowo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiasãmedɔwɔla siwo wòkplɔ tso Gibeon.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoxanan, Kareax vi la, kple aʋafia, siwo katã kpe ɖe eŋu la, kplɔ dukɔa ƒe ame susɔeawo katã, ŋutsu, siwo nye aʋamewo, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple aƒedzikpɔlawo, amesiwo Ismael, Netanya vi la, ɖe aboyo tso Mizpa, esime wòwu Gedalya, Axikam vi la megbe; woawo wòkplɔ tso Gibeon,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yehohanan, Kareax vi la kple aʋakplɔla siwo katã kpe ɖe eŋu la, kplɔ ame susɔe siwo katã Ismael, Netanya vi la ɖe aboyoe tso Mizpa esime wòwu Gedalya, Axikam vi la megbe. Ekplɔ wo tso Gibeon vɛ. Ameawoe nye: aʋawɔlawo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple aƒedzikpɔlawo.